Back to top

Sabbath Bible Lessons

Nusɔsrɔ̃wo tso Petro ƒe Agbalẽwo me (II)

 <<    >> 
Nusɔsrɔ̃ 6 Sabat, Dasiamime 10, 2024

Wodo Ŋusẽ wo Le Egbe ƒe Nyateƒe Me

KPUIKPUI SRƆ̃GBLƆ: “Eyata nyematsɔ ɖeke le eme be maɖo ŋku nusiawo dzi na mi ɖaa o, togbɔ be mienya wo, eye mieli ke le nyateƒe si li fifia me hã” (Petro II, 1:12).

“Ðikeke aɖeke mele mía me o, eye ɖikeke aɖeke menɔ mía me hã ƒe geɖewo o, be nufiafia siwo me míelé ɖe asi egbea nye nyateƒe si li fifia, eye be míegogo ʋɔnudɔdrɔ̃a. Míele dzadzram ɖo be míado go Amesi, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒe ha aɖe kplɔe ɖo, ado ɖe dziƒo ƒe alilikpowo me be wòana makumakunyenye ƒe nuwuwu nuteƒewɔlawo kple ame dzɔdzɔewo.”— Testimonies for the Church, babla 2, axa 355.

Nuxexlẽ ƒe Aɖaŋuɖoɖo:   Nuŋɔŋlɔ Gbãtɔwo, axa 61–71. 

Kwasiɖagbe Dasiamime 4 lia

1. TSITSI LE AFI SIA KPLE FIFIA

a. Nuka dzie apostolo Petro te gbe ɖo na xɔsetɔwo? Petro II, 1:12–15.

“Nyateƒe aɖe si li fifia nɔ anyi le Luther ŋɔli—nyateƒe si nɔ vevie ɣemaɣi; nyateƒe aɖe li fifia na hamea egbea. Amesi wɔa nuwo katã le Eƒe lɔlɔ̃nu ƒe aɖaŋuɖoɖo nu la, edzɔa dzi nɛ be yeatsɔ amewo ade nɔnɔme vovovowo me eye yede se na wo be woawɔ dɔ siwo le etɔxɛ na ɣeyiɣi siwo me wole kple nɔnɔme siwo me woda wo ɖo. Ne woade asixɔxɔ kekeli si wona wo ŋu la, nyateƒea ŋuti nukpɔsusu siwo keke ta wu aʋu le wo ŋkume.”— The Great Controversy, axa 143,144.

b. Ðe alesi wòle be míatsi le míaƒe gɔmesese le kekeli si tso Dziƒo ŋu me. Hebritɔwo 5:12–14; 6:1–3 .

“Xɔse kple toɖoɖo ƒe afɔɖeɖe ɖesiaɖe hea luʋɔ la va doa ka kplikplikpli kple xexeame ƒe Kekeli, amesi me ‘viviti aɖeke mele kura o.’ ”— Ibid, axa 476.


Dzoɖagbe Dasiamime 5 lia

2. DƆDOASI

a. Nukatae wòhiã be míatrɔ míaƒe nuwɔna ne míexɔ kekeli si dziƒo dɔ ɖa geɖe wu, eye aleke wòhiãe? Yakobo 4:17; Lododowo 4:18; Mateo 6:23.

“Mawu bia tso Eƒe amewo si le amenuveve kple nyateƒe si wona wo la nu. Ele be woakpɔ Eƒe didi dzɔdzɔewo katã gbɔ bliboe. Ele be nuwɔwɔ siwo bua akɔnta nazɔ le kekeli si klẽna ɖe wo dzi la me. Ne wodo kpo esia wɔwɔ la, woƒe kekeli zua viviti, eye woƒe viviti lolona abe alesi woƒe kekeli sɔ gbɔ ene. Kekeli si ƒo ƒu klẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi; gake ame geɖe ŋe aɖaba ƒu kekeli la yome, eye le esia ta wole gbɔgbɔ me gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe me.

“Menye sidzedze ƒe anyimanɔmanɔ tae Mawu ƒe amewo le tsɔtsrɔ̃m fifia o. Womabu fɔ wo o elabena womenya mɔa, nyateƒea, kple agbe la o. Nyateƒe si ɖo woƒe gɔmesese gbɔ, kekeli si klẽ ɖe luʋɔ dzi, gake woŋe aɖaba ƒu edzi alo gbe la, abu fɔ wo. Amesiwo si kekeli si woagbe gbeɖe o la manɔ fɔbubu me o. Nukae woate ŋu awɔ na Mawu ƒe weingblea wu esiwo wowɔ hafi? Kekeli, kekeli xɔasi, klẽna ɖe Mawu ƒe amewo dzi; gake maɖe wo o negbe ɖe wolɔ̃ be woaɖe yewo to edzi, anɔ agbe ɖe enu bliboe, eye wotsɔe na ame bubuwo le viviti me hafi. Mawu yɔa Eƒe amewo be woawɔ nu. Enye ame ɖekaɖekawo ƒe dɔ si nye nuvɔ̃wo ʋuʋu kple wo ɖeɖeɖa kple tɔtrɔ yi Aƒetɔ la gbɔ si hiã. Ame ɖeka mate ŋu awɔ dɔ sia na ame bubu o. Subɔsubɔhawo ŋuti sidzedze ƒo ƒu, eye esia na agbanɔamedzi siwo sɔ ɖe enu dzi ɖe edzi. Kekeli gã aɖe le keklẽm ɖe hame la dzi, eye to edzi bu fɔ wo elabena wogbe be yewomazɔ le eme o. Ne ɖe wonye ŋkuagbãtɔwo la, anye ne nuvɔ̃ manɔ wo ŋu o. Ke wokpɔ kekeli, eye wose nyateƒe geɖe, gake womenye nunya kple kɔkɔe o. Ame geɖe mewɔ ŋgɔyiyi aɖeke le sidzedze kple kɔkɔenyenye vavãtɔ me ƒe geɖe o. Wonye gbɔgbɔ me ame tsɛwo. Le esi teƒe be woayi ŋgɔ ayi blibodede gbɔ la, wole tɔtrɔm yi Egipte ƒe viviti kple kluvinyenye me. Womewɔa woƒe susu ŋudɔ ɖe mawusosroɖa kple kɔkɔenyenye vavãtɔ ŋu o.

“Ðe Mawu ƒe Israel anyɔa? Ðe amesiwo katã gblɔna be yewonye mawusosroɖa la adi be yewoaɖe nu gbegblẽ ɖesiaɖe ɖa, aʋu nuvɔ̃ ɖesiaɖe si wowɔ le adzame na Mawu, eye yewoaɖe fu na luʋɔ le Eŋkumea? Ðe woatsɔ ɖokuibɔbɔ gã aɖe aku nu me le nusiwo ʋãa nuwɔna ɖesiaɖe, eye woanya be Mawu ƒe ŋku xlẽa nusianu, dzroa nu ɣaɣla ɖesiaɖe mea? Dɔa nade blibo, adzɔgbeɖeɖe na Mawu bliboe. Ebia be míatsɔ nusiwo katã le mía si kple esiwo míele la ana bliboe. Subɔlawo kple amewo hiã dzimetɔtrɔ yeye, susu ƒe tɔtrɔ, si manɔmee la, míenye agbe ƒe ʋeʋẽ lilili yi agbe me o, ke boŋ ku ƒe ʋeʋẽ lilili yi ku me.”— Ðaseɖiɖiwo na Sɔlemeha la, babla 2, axa 123,124.


Braɖagbe Dasiamime 6 lia

3. NYATEƑE SIWO WOÐO FIFIA

a. Gblɔ nyati siwo ŋu míate ŋu asrɔ̃ nu tsoe, siwo me mele be míaƒe susu nadzo le o, ƒe kpɔɖeŋuwo. Daniel 7:9, 10; 8:14; Psalmo 119:33–35 .

“Nyateƒe xɔasi geɖewo le Mawu ƒe Nya la me, gake ‘ nyateƒe si li fifia ’ ye alẽha la hiã fifia. Mekpɔ afɔku si le dɔlaawo si le sisim tso fifi nyateƒea ƒe nya veviwo gbɔ, be woanɔ nyati siwo ŋu womebu akɔnta le be woatsɔ awɔ alẽha la ɖekae ahakɔ luʋɔ la ŋu o la ŋu. Satana awɔ nusianu si wòate ŋui le afisia atsɔ agblẽ nu le nusi gbɔ wòtso ŋu.

“Gake nyatiwo abe kɔkɔeƒe la ene, le ŋkeke 2300 la, Mawu ƒe sededewo kple Yesu ƒe xɔse gome la, wobu akɔnta bliboe be woaɖe Advent habɔbɔ si va yi me eye woaɖe nusi míaƒe nɔƒe nye fifia afia, aɖo ɖikelawo ƒe xɔse anyi, eye na kakaɖedzi le ŋutikɔkɔe ƒe etsɔme ŋu. Esiawo, mekpɔe enuenu, ye nye nyati vevi siwo ŋu wòle be dɔlawo nanɔ.”— Early Writings, axa 63.

b. Anɔ abe ƒe 180 ene (si nye nyitsɔ laa le xexeame ƒe ŋutinya bliboa me) la, nukae nye fifi nyateƒea ƒe akpa vevi aɖe? Nyaɖeɖefia 14:6–13 .

“Wokpɔ mawudɔla gbãtɔ, evelia, kple etɔ̃lia ƒe gbedasiwo ƒe gbeƒãɖeɖe to Gbɔgbɔmeʋaʋã ƒe nya dzi. Mele be woaɖe peg alo pin aɖeke ɖa o. Amegbetɔ ƒe ŋusẽtɔ aɖeke mekpɔ mɔ atrɔ afisi gbedasi siawo le wu be wòatsɔ Nubabla Yeyea aɖo Xoxoa teƒe o. Nubabla Xoxoa nye nyanyui la le nɔnɔmetatawo kple dzesiwo me. Nubabla Yeyeae nye nusi le eme. Ðeka le vevie abe evelia ene. Nubabla Xoxoa tsɔ nusɔsrɔ̃ siwo tso Kristo ƒe nuyiwo me la ɖo ŋkume, eye nusɔsrɔ̃ siawo ƒe ŋusẽ mebu le naneke koŋ me o. Wogblɔ gbedasi gbãtɔ kple evelia le ƒe 1843 kple 1844 me, eye míele etɔ̃lia ƒe gbeƒãɖeɖe te fifia; gake ele be woaɖe gbeƒã gbedasi etɔ̃awo katã kokoko. Ele vevie fifia abe tsã ene be woagbugbɔ wo agblɔ na amesiwo le nyateƒea dim. Ele be míato nuŋlɔti kple gbe dzi aƒo gbeƒãɖeɖea, aɖe woƒe ɖoɖo, kple nyagblɔɖi siwo kplɔ mí va mawudɔla etɔ̃lia ƒe gbedasi gbɔ la dzi wɔwɔ afia. Etɔ̃lia mate ŋu anɔ anyi gbãtɔ kple evelia manɔmee o. Ele be míatsɔ gbedasi siawo ana xexeame le agbalẽwo me, le nuƒowo me, atsɔ aɖe nusiwo li va yi, kple nusiwo ava dzɔ la afia le nyagblɔɖi ŋutinya ƒe fli me.”— Counsels to Writers and Editors, axa 26, 27.


Kuɖagbe Dasiamime 7 lia

4. DIDI BE WOATSI

a. Ðe nɔnɔme si ana míate ŋu axɔ fifi nyateƒea esime wòle edzi yim, ne ame bubuwo gbee gɔ̃ hã la me. Yeremya 29:13; Mateo 18:3; Yohanes 7:17.

“Ne èva zu abe ɖevi sue ene, si lɔ̃na be yeakplɔ ye, eye ne wò gɔmesese ŋuti kɔ eye wò lɔlɔ̃nu kple nazãbubuwo naɖe asi le ŋuwò la, kekeli ma tɔgbe aklẽ ɖe wò dzi me, si ana Ŋɔŋlɔawo naklẽ, eye wòaɖe nyateƒe si le ŋgɔwò la afia wò le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo me ɖekawɔwɔ. Adze abe sikakɔsɔkɔsɔ ene, si wotsɔ ka bla ɖe wo nɔewo ŋu be wòatsɔ abla nu blibo deblibo.”— Testimonies for the Church, babla 3, axa 448.

b. Aleke ɖekematsɔleme nana fifi nyateƒea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbɔdzɔna zi geɖe akpa—eye atike kae le eŋu? Yesaya 56:9, 10; 1 Korintotɔwo 14:8; Nyaɖeɖefia 3:17–19.

“Míele afɔku me be míagblɔ mawudɔla etɔ̃lia ƒe gbedeasia le mɔ si mavɔmavɔ nu ale gbegbe be wòawɔ dɔ ɖe ameawo dzi o. Wohea ɖetsɔleme bubu geɖewo vanɛ ale gbegbe be gbedasi si wòle be woaɖe gbeƒãe kple ŋusẽ la va zua nusi mebɔ o.”—Ibid., babla 6, axa 60.

“Anyigba sia ƒe ŋutinya ƒe nuwuwu ŋkekewo mee míele godoo. Ele be míazã ɣeyiɣi geɖe ɖe míaƒe gbɔgbɔmenuwo ŋu, nenye be míakpɔ gbɔgbɔmetsitsi si le vevie le ɣeyiɣi sia me. Ele be míawɔ ɖɔɖɔɖo siwo ŋu wotso nya me le. Gbe la gblɔ be: Ehiã be dzɔlawo nanyɔ, eye woana kpẽa naɖiɖi aɖe. Ŋdi ɖo; kple zã hã. Minyɔ, Nye dzɔlawo. Gbe siwo wòle be woase azɔ tsɔ nyateƒea ɖem fia la zi ɖoɖoe. Luʋɔwo le tsɔtsrɔ̃m le woƒe nuvɔ̃wo me, eye subɔlawo kple atikewɔlawo kpakple nufialawo le alɔ̃ dɔm. Minyɔ dzɔlawo!”— The Pacific Union Recorder, February 20, 1908.

“Ðasefo Nyateƒetɔ la ɖe gbeƒãe be ne èsusu be yele nudzedziname ƒe nɔnɔme nyui aɖe me ŋutɔŋutɔ la, nusianu hiã ye. Mesɔ gbɔ be subɔlawo nagblɔ nukpɔsusu ŋuti nyatiwo o; ele be woagblɔ nyati mawo siwo ɖea vi hã. Ele be woasrɔ̃ nufiame nyui siwo Kristo na Eƒe nusrɔ̃lawo eye woawɔ nu mawo ke ŋudɔ nyuie le woawo ŋutɔ ƒe luʋɔwo kple ameawo hã me. Esi Kristo tsɔ nyahehe ƒe ɖaseɖiɖi sia ta la, ɖe míasusui be lɔlɔ̃ fatu aɖeke mele Eƒe amewo ŋu oa? Oo, ao! Ame si ku be yeaɖe amegbetɔ tso ku me la, elɔ̃nɛ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃, eye wòka mo na amesiwo wòlɔ̃.”— Testimonies for the Church, babla 3, axa 257,258.


Yawoɖagbe Dasiamime 8 lia

5. ANYIGBA LA KLẼ KPLE ŊUTINYA

a. Ðe alesi fifi nyateƒea kekena ɖe enu hewɔa nu kabakaba hafi Yesu trɔna vaa anyigba sia dzi la me. Nyaɖeɖefia 18:1–5 .

“[Nyaɖeɖefia 18:1, 2, 4 si woyɔ.] Ŋɔŋlɔ sia fia asi ɣeyiɣi aɖe si me woaɖe gbeƒã Babilon ƒe anyidzedze, abe alesi Nyaɖeɖefia 14 (kpukpui 8) ƒe mawudɔla evelia gblɔe ene, kple wogaƒo nu tso nufitifitiwɔwɔ siwo le gegem ɖe habɔbɔ vovovo siwo nye Babilon me, tso esime wogblɔ gbedasi ma zi gbãtɔ, le ƒe 1844 ƒe dzomeŋɔli la ŋu.”— The Great Controversy, axa 603.

b. Aleke wòle be míawɔ nui le alesi xexea me tɔ akpa gãtɔ bua fifi nyateƒegbedasia be enye nusi mebɔ o ta? Korintotɔwo I, 2:12–16.

“Le míaƒe ame ɖekaɖekawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ me la, ele be woafia nu mí tso Mawu ŋu. Ne míedi Eyama kple dzi anukwaretɔe la, míaʋu míaƒe nɔnɔme ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me nɛ; eye Edo ŋugbe be yeaxɔ amesiwo katã vaa ye gbɔ le ɖokuibɔbɔ ƒe ŋuɖoɖo me. Ame si ana ta Mawu ƒe nyawo la akpɔ Kristo ƒe anyinɔnɔ tegbee, eye hadede sia anye nu xɔasi aɖe ŋutɔ nɛ. Ne elé Mawu ƒe nunya ɖe asi la, asi le gbegblẽ siwo le xexea me to dzodzro vɔ̃wo me la nu.”— Testimonies to Ministers, axa 483.

“Ne èva Kristo gbɔ la, màƒo adegbe be, ‘Nye le kɔkɔe’ o. Na Mawu ɖeɖe nagblɔ nya ma le ŋuwò, elabena mènya wò ŋutɔ wò dzi o. Adegbeƒoƒo sia nye kpeɖodzi si ŋu kakaɖedzi le be mènya Ŋɔŋlɔawo alo Mawu ƒe ŋusẽ o. Ne Mawu naŋlɔe ɖe Eƒe agbalẽwo me, ne Elɔ̃, be ɖevi toɖolae nènye, eye nèléa eƒe sewo me ɖe asi kple dzi si le dzidzɔ kpɔm, eye nuŋlɔɖiawo aɖee afia le mawudɔlawo kple amewo ŋkume le teƒeɖoɖoŋkekea dzi.”— The Signs of the Times, Dzove 22, 1887.


Fiɖagbe Dasiamime 9 lia

AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO

1. Aleke fifi nyateƒe si li egbea to vovo na ɣeyiɣi siwo va yi?

2. Nukatae mabu akɔnta na Mawu le agbenɔnɔ le nyateƒe si li fifia me ta?

3. Nu ka tae wòle be maɖoe kplikpaa be magblɔ fifi nyateƒea na ame bubuwo?

4. Aleke nye nɔnɔme ɖe kekeli si klẽna wu ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe nye gbɔgbɔmetsitsi dzii?

5. Nukae wòle be wòanye nye tameɖoɖo kplikpaa be mawɔ le tsitretsiɖeŋunyawo me?

 <<    >>